Romans 15

1Ehiã be, mí ame siwo ŋu ŋusẽ le la míatsɔ ame siwo ŋu ŋusẽ mele o la ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo eye míagadze mía ɖokui ŋu o. 2Mía dome ame sia ame nadze ehavi ŋu hena ehavi ƒe nyonyo kple tutuɖedzi. 3Kristo mewɔ nu be yeadze ye ɖokui ŋu o. Abe ale si Psalmokpala gblɔe ene la, “Eva be yeakpe fu eye yeaxɔ dzudzu tso ame siwo tututu tsi tsitre ɖe Aƒetɔ la ŋu la gbɔ.” 4Ele be nu siwo woŋlɔ ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la me gbe aɖe gbe ke la nafia dzigbɔɖi mí eye wòade dzi ƒo na mí ale be míanɔ mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si Mawu aɖu nu vɔ̃ kple ku dzi.

5Mawu, ame si naa dzigbɔɖi kple tenɔnɔ kpakple dzideƒo ame la, nakpe ɖe mia ŋu be mianɔ anyi kple mia nɔewo le nɔvilɔlɔ̃ blibo me eye ame sia ame natsɔ Kristo ƒe nɔnɔme anɔ agbe ɖe nɔvia ŋu. 6Ekema mí katã míate ŋu atsɔ gbe ɖeka akafu Aƒetɔ la, atsɔ ŋutikɔkɔe ana Mawu, míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo.

Nyanyui la na Trɔ̃subɔlawo

7Eya ta mixɔ mia nɔewo nyuie ɖe hame la me abe ale si Kristo ŋutɔ hã xɔ mi ene, ekema miatsɔ ŋutikɔkɔe ana Mawu. 8Miɖo ŋku edzi be Yesu Kristo va be yeafia be Mawu wɔa eƒe ŋugbedodowo dzi eye be yeakpe ɖe Yudatɔwo ŋu. 9Migaɖo ŋku edzi hã be eva be Trɔ̃subɔlawo hã nakpɔ ɖeɖe eye woatsɔ ŋutikɔkɔe ana Mawu le ale si wòvea wo nu la ta. Nu siae Psalmokpala la fia esi wòŋlɔ bena, “Makafu wò le Trɔ̃subɔlawo dome eye madzi ha na wò ŋkɔ.”

10Le teƒe bubu aɖe la, egagblɔ be, “O, Trɔ̃subɔlawo, mikpɔ dzidzɔ kple Mawu ƒe amewo, Yudatɔwo.”

11Egagblɔ le teƒe bubu hã be, “O, Trɔ̃subɔlawo, mikafu Aƒetɔ la, mina ame sia ame nakafui.”

12Nyagblɔɖila Yeseya gblɔ be, “Domenyila aɖe atso Isai ƒe aƒeme eye wòaɖu fia ɖe Trɔ̃subɔlawo dzi.”

13Eya ta mele gbe dom ɖa ɖe mi Trɔ̃subɔlawo ta be Mawu, ame si naa mɔkpɔkpɔ mi la, nana dzidzɔ kple ŋutifafa nayɔ mia me le esi miexɔ edzi se ta. Mele gbe dom ɖa be Mawu nakpe ɖe mia ŋu be mɔkpɔkpɔ le Mawu me nagbã go le mia me to Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe ŋusẽ si le mia me la me.

Paulo ƒe dɔ le Trɔ̃subɔlawo dome

14Nɔvinyewo, menya be mienye ame nyanuwo kple ame nyuiwo eye mienya nu siawo nyuie ale be miate ŋu afia nu ame bubuwo tso wo katã ŋu. 15Metsɔ dzideƒo ŋlɔ nya aɖewo na mi abe ŋkuɖoɖo nu dzi na mi ene to amenuveve si Mawu nam la me 16be manye Yesu Kristo ƒe dɔtsɔla na Trɔ̃subɔlawo, eye be matsɔ Mawu ƒe nyanyui la vɛ na mi Trɔ̃subɔlawo be miazu vɔsa si dze Mawu ŋu si ŋu Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kɔ. 17Eya ta mekpɔ mɔ maƒo adegbe vie le nu siwo katã Kristo Yesu wɔ to dzinye la ŋu. 18Mele be mabu akɔnta le ale si wòwɔ ame bubuwo ŋudɔ la ŋu o, ke menya esia be: eto dzinye eye wòhe Trɔ̃subɔlawo va Mawu gbɔe. 19Meɖe wo kple nye gbeƒãɖeɖe kpakple nye agbe nyui si menɔ le woƒe ŋkume hekpe ɖe nukunu siwo wowɔ to dzinye abe dzesiwo tso Mawu gbɔ ene la ŋu. Esiawo katã tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ me. Meɖe gbeƒã Kristo ƒe nyanyui blibo la to mɔ siaa dzi tso keke Yerusalem yi ɖado ɖe Iliriko ke.

20Ke enye nye didi vevi be magayi ŋgɔ wu nenema gɔ̃ hã eye maɖe gbeƒã nyanyui la le teƒe siwo womese Kristo ŋkɔ le kpɔ haɖe o. Esia dzrom wu be maɖe gbeƒã le afi si ame bubu aɖe ɖo hame aɖe anyi ɖo xoxo. 21Menɔ zɔzɔm ɖe ɖoɖo si ŋu woƒo nu le le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔea me la nu. Afi siae Yesaya gblɔ le be, “Ame siwo mese Kristo ŋkɔ kpɔ haɖe o la, woakpɔ nu eye woase egɔme.” 22Nu sia tututu tae nyemete ŋu va kpɔ mi ɖa kaba o.

23Ke mewu nye dɔ la nu le afi sia mlɔeba azɔ eye mele klalo be mava le ƒe geɖe siwo melala la megbe. 24Mele tame ɖom be mayi Spania. Ne meyina la, matɔ ɖe Roma eye ne menɔ anyi kpli mi le dzidzɔ me ɣeyiɣi kpui aɖe la, miagate ŋu ado mɔm.

Paulo wɔ ɖoɖo ɖe Roma yiyi ŋu

25Ke hafi mava la, ele be mayi Yerusalem gbã eye matsɔ nunana aɖe ayi na Yudatɔ siwo nye kristotɔwo le afi ma. 26Elabena kristotɔ siwo le Makedonia kple Akaya la di nanewo be yewoaɖo ɖe nɔvi siwo le Yerusalem, ame siwo le ɣeyiɣi sesẽ aɖe ŋutɔ me tom. 27Edzɔ dzi na wo ŋutɔ be woawɔ esia elabena wodze sii be yewoanyi akpedafe gã aɖe le kristotɔ siwo le Yerusalem la si. Nu ka ta? Elabena nya tso Kristo ŋu va na Trɔ̃subɔla siawo tso hame si le Yerusalem la gbɔ. Tso esime woxɔ nyanyui la ƒe gbɔgbɔmenunana sia tso afi ma la, wodze sii be nu suetɔ si yewo hã yewoate ŋu awɔ lae nye yewoakpe ɖe wo ŋu kple anyigbadzinu aɖewo. 28Ne metsɔ ga sia na wo eye mewu dɔ nyui si wowɔ na wo nɔviwo nu na wo la, mava kpɔ mi ɖa ne mele Spania yim. 29Meka ɖe edzi be ne meva la, Aƒetɔ la ana yayra geɖem matsɔ vɛ na mi.

30Miado gbe ɖa kplim mahã? Le Aƒetɔ Yesu Kristo ta kple miaƒe lɔlɔ̃ nam si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la tsɔ na mi ta la, mido gbe ɖa vevie ɖe tanye. 31Mido gbe ɖa be Mawu nakpɔ tanye le Yerusalem tso ame siwo menye kristotɔwo o la sime. Mido gbe ɖa hã be kristotɔ siwo le afi ma la nalɔ̃ axɔ ga si metsɔ yina na wo. 32Ekema ne Mawu lɔ̃ la, mate ŋu ava mia gbɔ kple dzidzɔ eye míade agbe yeye mía nɔewo me.

33Ke azɔ la, mía Mawu, ame si naa ŋutifafa la nanɔ anyi kpli mi katã Amen.

Copyright information for EweBEE